1 Corinthians 5

Paulo de se be woanya ahasitɔ la le hamea me

1Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be, miaƒe hametɔ aɖe xɔ fofoa srɔ̃. Nya sia ɖi hoo eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe be medzɔna le Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.

2Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le ha la me enumake!

3Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mebua tame vevie le nu sia ŋu, eye le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me la meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi, abe ɖe mele mia dome ene. 4Miyɔ hame takpekpe gã, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me. 5Minya ame sia tsɔ de asi na Abosam be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu Kristo gatrɔ va.

6Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa? 7Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o eye mianɔ dzadzɛ. Miɖo ŋku edzi be, wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí. 8Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me bena míatsi nyuie le kristotɔgbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽwɔwɔ. Boŋ la, mina be, bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.

9Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be, migade ha kple ahasiwɔlawo o. 10Ke menye Trɔ̃subɔla siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexeame ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o. 11Nu si mewɔnɛ enye be, migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o. 12Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm. 13Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.

Copyright information for EweBEE