Matthew 20:29-34

Gbedada ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu

(Marko 10:46-52; Luka 18:35-43)

29Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.

30Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose bena Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nublanui na mí!”

31Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao, fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu.

32Yesu tɔ eye woyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu kae miedi be mawɔ na mi?”

33Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”

34Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta etɔ asi woƒe ŋkuwo. Ŋkuawo ʋu enumake eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.

Copyright information for EweBEE