Galatians 3

1Mi Galatiatɔwo numanyalawo! Meka ƒe ŋuku vɔ woetrɔ miɖa le mia ŋuti? Ɖe me nye Yesu Kristo si woklaa le miaƒe ŋukume la ye mie tsɔ fia mi o a ? 2Ɖe ko medzi be mase esia gɔme tso mia gbɔ.Ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe si miexɔ la va tso dɔwɔwɔ ɖe me lo o, ke boŋ nusi mie se dzi xɔse me yia? 3Ɖe miezu numanyala akpa? Ɖe mie dze egɔme le gbɔgɔ la me fifia le eŋu wɔm le nutsilaa mea?

4Ɖe miekpe fu sɔgbɔ ale gbegbe , vɔ menye naɖeke tawo eye esia menye naɖekewoa? 5Kema , ɖe eya si tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nami kple nukunu gaa dɔwɔwɔwola wɔ nusiawo le mia dome le see la ƒe dɔwɔwɔŋu lo o alo le nya la dzi xɔse me ye ma haa?

6Abe alesi Abraham “xɔ Mawu dzi se eye wobui nɛ dzɔdzɔe nye nye.” 7Mi se egɔme azɔ be amesiwo xɔse la trɔ zu Abraham ƒe viwo. 8Ŋlɔŋlɔla ŋlɔɖi be Mawu ava tso afia na amesiwo me nye Yudatɔwola to xɔse me. Ke woɖe gbefa nyanyui la na Abraham dom gɔ be “le wome anyigba dzi dukɔwo yayra le”. 9Esia ta amesiame si xɔse la akpɔ yayra kpe ɖe Abraham si nye xɔse tɔ la nu.

10ke amesiame si leɖe se la nu to woƒe dɔwɔwɔ me la , le fiƒode te , elabe oŋlibe ,amesiame i mekpɔa nu si le se gbalɛ he wɔo dzi pɛpɛ woɛla leɖfiƒode te. 11“Azɔ wo ŋlɔɖi be Mawu matso afia na ameaɖeke to se la me o elabena ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.” 12Ke se la metso xɔse me va o, elabena ame si wɔ nu le se la nu la wonɔ agbe le sewo te.

13Kristo ɖemi tso ese ƒe fiƒodeme esi me wova zu fiƒode ɖe mia ta , elabena woklae ɖe atsiŋuti. 14Eƒe taɖodzinu yenye be yayra si nɔ Abraham dzi na va mia amesiwo menye Yudatɔwo la dzi le Kristo Yesu me, bena mia xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nugbedodo to xɔse me.

15Nɔviwo , mele nu ƒom abe amegbetɔ ene. Abe alesi woŋlɔ me gbenya ɖi eye ameaɖeke metsɔa ɖeke kpii alo ɖea ɖeke le eme o. 16Ke fifia nugbedodo va na Abraham kple ye ƒe dzidzime. Me gblɔ be eƒe dzidzimewo, si ƒoƒu ame geɖe o ke boŋ dzidzime ɖeka ko ye woyɔ si nye Kristo.

17Azɔ mele egblɔm be nublabla si dzi woɖokpe hafi Mawu tsɔna , ma te ŋu va trɔe le se si va va le ƒe alɔfanɛ blatɔ megbe o. 18Elabe ne ɖeye domenyinyi va to sea dzi la wɔwɔ me la maga va azɔ to nugbedodo me o, vɔ Mawu tsɔ domenyinu na Abraham le esi me woxe ɖe enu hedo ŋugbenɛ

19Ke nukata se la li ma ha? Eli elabe vodadawo va kpii vaseɖe esime nugbedodo va to aʋulela ƒe asi dzi. 20Fifia la enye aʋulela na amewo kata , menye na ameɖeka o, vɔ Mawu ya ɖeka koye li.

21Ke ɖe se la tsitre ɖe Mawu ƒe nugbedodowo ŋutia? Gbeɖe kura o! Ne ɖe se si wo tsɔ na teŋu na agbe la ekema dzɔdzɔe nyenye ha ava to se ma ke dzi. 22Vɔ gake la ŋlɔŋlɔ la le nusianu ɖe nuvɔ ta ,bena Mawu ƒe ŋugbedodo na ɖemi to xɔse me le Yesu Kristo si wo tsɔ na amesiwo xɔedziese.

23Ke tsa la afi xɔse si le Kristo me na va la mienɔ gaxɔme se la xaxami vaseɖe esime xɔse ƒe ɖeɖefia la va. 24Ke se la va zu ɖevime nu si kplɔ mi vaseɖe Kristo ƒe yeyiyime , bena woa tso afia na mi to xɔse me. 25Fifia esi xɔse va la , mi mega le ɖevimenuwo ƒe kplɔkplɔte o. 26Ke mia wo kata mie zu Mawu viwo le Kristo Yesu dzi.

27Mi amesiwo kata wo myrɔ ɖe Kristo me mie do Kristo. 28Ke Yudatɔ, alo Helatɔ, alo kluvi, ablɔɖevi, nutsu kple nyɔnu me gali o,elabena mia kata miezu ɖeka le Kristo Yesu me. Ne mienye Kristotɔla , ke mienye Abraham ƒe dzidzime domenyilawo le ŋugbe dodo la nu.

29

Copyright information for EweULB