Luke 21:12-17

12“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woati mia yome vevie eye woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple gɔvina gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo be woanya Mesia la nyuie eye woatsɔ bubu tɔxɛ nɛ. 14Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la o, 15elabena mana nunya mi eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo ta.
Copyright information for EweBEE