Mark 2:23-28

Nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi

(Mateo 12:1-8; Luka 6:1-5)

23Gbe ɖeka le Sabat dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yine la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo he ɖu.

24Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wogblɔ na Yesu be, “Medze be wò nusrɔ̃lawo nawɔ nenem nu sia ƒomevi o ɖe. Etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be woaŋe nu le Sabat ŋkekea dzi elabena esɔ kple dɔwɔwɔ le Sabat dzi.”

25Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ esi dɔ wu wo eye woxaxa kpɔ oa? 26Esi Abiata nye Osɔfogã la, David geɖe Mawu ƒeme eye woɖu abolo kɔkɔe si wòle be Osɔfowo ɖeɖe ko naɖu la, eye wòna eŋume aɖewo hã woɖu oa?” 27Egblɔ yi edzi be, “Sabat ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Sabat ŋkekea o. 28Gawu la, ŋusẽ le nye Mesia la si ɖe Sabat ŋkekea dzi.”

Copyright information for EweBEE