Matthew 11:2-19

2Yohanes Mawutsidetanamela, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Mesia la nɔ wɔwɔm. Le esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, 3“Wò tututue nye ame si ƒe vava míele mɔ kpɔm na loo alo ame bubu aɖe gali gbɔna?”

4Wova bia nya sia Yesu eye wòɖo eŋu na wo bena, “Mitrɔ yi Yohanes gbɔ ne miagblɔ nukunu siwo katã mewɔ miekpɔ la nɛ. 5Migblɔ nɛ be, meʋu ŋku na ŋkunɔwo, mena be tekunɔwo alo bafawo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti kɔ eye tokunɔwo le nu sem, nenema ke mena be ame kukuwo le agbe gbɔm, migblɔ ale si mele nyanyui la gblɔm na ame dahewo la hã nɛ. 6Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”

Yesu ɖi ɖase le Yohanes ŋu

7Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu gɔme be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? 8Ne mele eme nenema o la, nu kae miedo go be miakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me. 9Ekema nu kae miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ẽ, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 10Elabena Yohanes enye ame si ŋu woŋlɔ ɖi le be, ‘Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ ɖo hafi nàva.’

11“Enye nyateƒe be, le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea! 12Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒoƒiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham. 13Elabena se la, kple nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔẽ da ɖi, 14eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be, Yohanes enye Eliya, ame si nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ. 15Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!

16“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo le abe ɖevi siwo le fefem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be, 17‘Míedzi dzidzɔhawo na mi gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo gake miefa konyi hã o!’ 18Yohanes Mawutsidetanamela menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be, gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. 19Ke nye Mesia la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo! Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”

Copyright information for EweBEE