‏ 1 Chronicles 1

Blemanyatoto tso Adam dzi va se ɖe Isak dzi

Noa ƒe viwo

1Adam, Set, Enos,
2Kenan, Mahalalel, Yared,
3Enɔk, Metusela, Lamek,
Noa.

4Noa ƒe viwo: Sem, Ham kple Yafet.

Yafet ƒe viwo

5Yafet ƒe viwoe nye:
Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
6Gomer ƒe viŋutsuwoe nye:
Askenaz, Rifat kple Togarma.
7Yavan ƒe viŋutsuwoe nye:
Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim.

Ham ƒe viwo

8Ham ƒe viŋutsuwoe nye:
Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
9Kus ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka.
Rama ƒe viŋutsuwoe nye
Seba kple Dedan.
10Kus ƒe dzidzimevie nye
Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
11Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye
Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo,
12Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
13Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye:
Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.
14Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, 15Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, 16Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo.

Sem ƒe viwo

17Sem ƒe dzidzimeviwoe nye:
Elam, Asur, Arfaxad, Lud, Aram, Uz, Hul, Geter kple Mesek.
18Arfaxad ƒe vie nye Sela,
ame si dzi Eber.
19Vi eve nɔ Eber si:
Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
20Yoktan ƒe viwoe nye
Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,
21Hadoram, Uzal, Dikla, 22Obal, Abimael, Seba, 23Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.

24Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Arfaxad, ame si dzi Sela,
25ame si dzi Eber, ame si dzi Peleg, ame si dzi Reu,
26ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera,
27ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham.

Abraham ƒe viwo

28Abraham ƒe viwoe nye: Isak kple Ismael.

Hagar ƒe dzidzimeviwo

29Ismael ƒe viwoe nye
Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam,
30Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, 31Yetur, Nafis kple Kedema.
Ame siawo nye Ismael viwo.

Ketura ƒe dzidzimeviwo

32Abraham ƒe ahiãvi Ketura dzi
Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua.
Yoksan ƒe viwo:
Seba kple Dedan.
33Midian ƒe viŋutsuwoe nye:
Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda.
Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo.

Sara ƒe dzidzimeviwo

34Abraham ƒe vi, Isak,
dzi Esau kple Israel.
35Esau ƒe viŋutsuwoe nye:
Elifaz, Reuel, Yeus, Yalam kple Korah.
36Elifaz ƒe viwoe nye:
Teman, Omar, Zefi, Gatam, Kenaz,
Timna kple Amalek.
37Reuel ƒe viŋutsuwoe nye:
Nahat, Zera, Sama kple Miza.

Seir ƒe viwo le Edom

38Esua alo Seir ƒe vi aɖewoe nye:
Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan.
39Lotan ƒe viwoe nye
Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
40Sobal ƒe viŋutsuwoe nye:
Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
Zibeon ƒe viwoe nye:
Aya kple Ana.
41Ana ƒe vie nye:
Dison, ame si dzi Hamran, Esban, Itran kple Keran.
42Ezer ƒe viwoe nye:
Bilhan, Zaavan kple Yaakan.
Disan ƒe viwoe nye:
Uz kple Aran.

Edom ƒe dziɖulawo

43Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
Bela, Beor ƒe vi. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
44Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu fia.
45Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe,
46eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit.
47Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
48Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
49Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
50Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab. 51Hadad hã va ku.

Edom fiawo le Hadad ƒe ku megbe nye:
Timna, Alva, Yetet
52Oholibama, Ela, Pinon, 53Kenaz, Teman, Mibzar, 54Magdiel kple Iram.
Ame siawoe nye Edom fiawo.
Copyright information for EweAL