1 Chronicles 2
Israel ƒe viŋutsuwo
1Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, 2Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.Yuda ƒe viwo va se ɖe Hezron ƒe viwo dzi
3Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nyeEr, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ,
Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.
4Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera;
ale viŋutsuvi atɔ̃ nɔ Yuda si.
5Perez ƒe viwoe nye:
Hezron kple Hamul.
6Zera ƒe viwo nye:
Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
7Aka, Karmi ƒe vie nye
ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
8Etan ƒe vie nye
Azaria.
9Hezron ƒe viwoe nye
Yerameel, Ram kple Kelubai.
Tso Ram, Hezron ƒe vi dzi
10Ram dzi Aminadabeye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka.
11Nahson dzi Salma
eye Salma hã dzi Boaz.
12Boaz dzi Obed
ame si dzi Yese.
13Yese ƒe vi gbãtɔe nye
Eliab, eveliae nye Abinadab
eye etɔ̃liae nye Simea; 14eneliae nye Netanel,
atɔ̃liae nye Radai, 15adelia nye Ozem
eye adreliae nye David.
16Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail.
Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
17Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
Kaleb, Hezron ƒe vi
18Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye:Yeser, Sobab kple Ardon.
19Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
20Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
21Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
22Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
23(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.)
Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.
24Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
Yerameel, Hezron ƒe vi
25Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye:Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya. 26Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
27Ram ƒe viwoe nye
Maaz, Yamin kple Eker.
28Onam ƒe viwoe nye
Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur. 29Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
30Nadab ƒe viwoe nye
Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
31Apaim ƒe vie nye
Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai.
32Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve:
Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
33ke Yonatan dzi vi eve:
Pelet kple Zaza.
Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo.
34Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi.
Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha. 35Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
36Atai dzi Natan,
ame si dzi Zabad,
37ame si dzi Eflal,
ame si dzi Obed,
38ame si dzi Yehu,
ame si dzi Azaria.
39Azaria dzi Helez,
ame si dzi Eleasa,
40ame si dzi Sismai,
ame si dzi Salum.
41Salum dzi Yekamia
ame si dzi Elisama.
Kaleb ƒe dzidzimeviwo
42Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nyeMesa, ame si dzi Zif,
ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron.
43Hebron ƒe viwoe nye
Korah, Tapua, Rekem kple Sema.
44Sema dzi Raham
ame si dzi Yorkeam.
Rekem dzi Samai.
45Samai dzi Maon
eye Maon dzi Bet Zur.
46Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi
Haran, Moza kple Gazez.
Haran dzi Gazez.
47Yahdai dzi
Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
48Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi
Seber kple Tirhana.
49Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo
kple Seva, Makbena fofo kple Gibea.
Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa.
50Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la,
dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo, 51Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
52Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple
Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã. 53Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
54Salma ƒe viwoe nye:
Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo, 55agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.
Copyright information for
EweAL