1 Chronicles 24
Nunɔlawo ƒe hatsotsowo
1Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me. Aron ƒe viŋutsuwo nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. 2Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene. 3David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me. 4Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu. 5Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me. 6Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe. 7Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu:Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia.
8Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim.
Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim.
9Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya.
Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin.
10Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz.
Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya.
11Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua.
Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania.
12Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib.
Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim.
13Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa.
Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab.
14Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga.
Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer.
15Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir.
Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez.
16Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia.
Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel.
17Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin.
Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul.
18Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya
eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia.
19Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.
Levitɔ bubuawo
20Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo:Yehdeia dzɔ tso Amram me to Sebuel dzi;
21Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;
22Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;
23Hebron viwoe nye:
Yeria nye gbãtɔ, Amaria nye evelia, Yahaziel nye etɔ̃lia eye Yekameam nye enelia.
24Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;
25Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;
26Mahli Musi kple Yaazia nye
Merari ƒe dzidzimeviwo;
27Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si;
woawoe nye: Soham, Zakur kple Ibri;
28Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.
29Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.
30Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si.
Esiawoe nye Leviviwo le woƒe ƒome nu.
31Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.
Copyright information for
EweAL