‏ 1 Chronicles 3

David ƒe viŋutsuwo

1Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron:

Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.
David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.
2Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.
Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.
3Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital
Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.

4Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã.

Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
5Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye:

Simea, Sobab, Natan kple Solomo.
6Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet, 7Noga, Nefeg, Yafia, 8Elisama, Eliada kple Elifelet.

9Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.

Yuda fiawo

10Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam,
Abiya,
Asa,
Yehosafat,
11Yoram alo Yehoram,
Ahazia,
Yoas,
12Amazia,
Azaria alo Uzia,
Yotam,
13Ahaz,
Hezekia,
Manase,
14Amon kple Yosia.
15Yosia ƒe viwoe nye,
Yohanan alo Yehoahaz,
Yehoyakim,
Zedekia kple
Salum.
16Ame siwo ɖu fia ɖe
Yehoyakim yome la woe nye,
Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.

Fiawo ƒe dzidzimeviwo le aboyomenɔnɔ megbe

17Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye,
Via ŋutsu Sealtiel,
18Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.
19Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye,
Zerubabel kple Simei.
Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye,
Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit
20Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.
21Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye,
Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo.
22Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye,
Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade.
23Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye,
Elioenai, Hezekia kple Azrikam.
24Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.
Copyright information for EweAL