‏ 1 Chronicles 6

Levi

1Levi ƒe viwoe nye:
Gerson, Kohat kple Merari.
2Kohat ƒe viwoe nye:
Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
3Amram ƒe viwoe nye:
Aron, Mose kple Miriam.
Aron ƒe viwoe nye:
Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
4Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye:
Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua,
5ame si dzi Buki,
ame si dzi Uzi,
6ame si dzi Zerahia,
ame si dzi Merayot,
7ame si dzi Amaria,
ame si dzi Ahitub,
8ame si dzi Zadok,
ame si dzi Ahimaaz,
9ame si dzi Azaria,
ame si dzi Yohanan,
10ame si dzi Azaria,
ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.
11Azaria hã dzi Amaria,
ame si dzi Ahitub,
12ame si dzi Zadok,
ame si dzi Salum,
13ame si dzi Hilkia,
ame si dzi Azaria.
14Azaria dzi Seraya,
ame si dzi Yehozadak,
15ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.

16Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye,
Gerson, Kohat kple Merari.
17Gerson ƒe viwoe nye:
Libni kple Simei.
18Kohat ƒe viwoe nye:
Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
19Merari ƒe viwoe nye:
Mahli kple Musi.

Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale:
20Gerson ƒe viwoe nye,
Libni, Yahat, Zima,
21Yoa,
Ido, Zera kple Yeaterai.
22Kohat ƒe viwoe nye:
Aminadab, Korah,
Asir,
23Elkana,
Ebiasaf, Asir,
24Tahat, Uriel,
Uzia kple Saul.
25Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me:
Amasai, Ahimɔt,
26Elkana, Zofai,
Nahat,
27Eliab,
Yeroham kple Elkana.
28Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye:
Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ
kple evelia, Abiya.
29Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye:
Mahli, Libni,
Simei, Uza,
30Simea, Hagia kple Asaya.

Gbedoxɔ me dzekulawo kple saŋkuƒolawo

31Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe. 32Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.

33Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale:

Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale:
Yoel, Samuel,
34Elkana, Yeroham,
Eliel, Toax,
35Zuf, Elkana,
Mahat, Amasai,
36Elkana, Yoel,
Azaria, Zefania,
37Tahat, Asir,
Ebiasaf, Korah,
38Izhar, Kohat,
Levi, Israel.
39Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale:
Berekia, Simea,
40Mikael, Baaseia,
Malkiya,
41Etni,
Zera, Adaya,
42Etan, Zima,
Simei,
43Yahat,
Gerson, Levi.
44Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale:
Kisi, Abdi,
Maluk,
45Hasabia,
Amazia, Hilkia,
46Amzi, Bani,
Semer,
47Mahli,
Musi, Merari kple Levi.

48Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me. 49Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.

50Aron ƒe dzidzimeviwoe nye:
Eleazar, Finehas,
Abisua,
51Buki,
Uzi, Zerahia,
52Merayot, Amaria,
Ahitub,
53Zadok
kple Ahimaaz.

54Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye:
55Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda. 56(Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.) 57Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo. 58Hilen, Debir, 59Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.
60Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu.
Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃.

61Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.
62Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.
63Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.

64Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.

65Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.

66Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:
67Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer, 68Yokmeam kple Bet Horon, 69Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe.
70Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.

71Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye:
Golan le Basan kple Astarot.
72Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat, 73Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.
74Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal 75Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
76Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

77Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene.
78Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza, 79Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
80Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim 81Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
Copyright information for EweAL