1 Chronicles 8
Saul, Benyamintɔ la ƒe dzidzimegbalẽ
1Benyamin ƒe ŋgɔgbevie nye:Bela,
Asbel nye Via ŋutsu evelia eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Ahara,
2eneliae nye Noha eye atɔ̃liae nye Rafa.
3Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ada, Gera, Abihud, 4Abisua, Naaman, Ahoa 5Gera, Sefufan kple Huram.
6Ehud ƒe viwo nye hlɔ̃metatɔwo le Geba. Wolé wo le aʋa me eye woɖe aboyo wo yi Manahat. Woawoe nye:
7Naaman, Ahiya, Gera, ame si wogayɔna be Heglam, ame si dzi Uza kple Ahihud.
8Saharaim gbe srɔ̃a eveawo, Husim kple Baara. 9Edzi viwo kple Hodes, srɔ̃a yeyea le Moab nyigba dzi. Ɖeviawoe nye Yobab, Zibia, Mesa, Malkam, 10Yeuz, Sakia kple Mirma. Ame siawo katã va zu hlɔ̃mefiawo. 11Do ŋgɔ la, srɔ̃a Husim dzi Ahitub kple Elpaal nɛ.
12Elpaal ƒe viwoe nye:
Eber, Misam, Semed, ame si tso Ono du kple Lod du kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. 13Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe.
14Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Ahio, Sasak kple Yeremot. 15Beria ƒe viwoe nye: Zebadia, Arad, Eder, 16Mikael, Ispa kple Yoha.
17Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Zebadia, Mesulam, Hizku, Heber, 18Ismerai, Izlia kple Yobab.
19Simei ƒe viwoe nye: Yakim, Zikri, Zabdi, 20Elienai, Ziletai, Eliel 21Adaya, Beraya kple Simrat.
22Sasak ƒe viwoe nye: Ispan, Eber, Eliel, 23Abdon, Zikri, Hanan 24Hananiya, Elam, Antotiya, 25Ifdeya kple Penuel.
26Yehoram ƒe viwoe nye: Samserai, Seharia, Atalia, 27Yaaresia, Eliya kple Zikri.
28Ame siwo nye fiawo le hlɔ̃wo nu le Yerusalem woe nye:
29Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. 30Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, 31Gedor, Ahio, Zeker 32kple Miklot, ame si dzi Simea. Ƒome siawo katã nɔ teƒe ɖeka le Yerusalem gbɔ.
33Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
34Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be
Meribaal eye eya hã dzi Mika.
35Mika ƒe viwoe nye:
Pitɔn, Melek, Tarea kple Ahaz.
36Ahaz dzi Yehoiada eye eya hã dzi Alemet, Azmavet kple Zimri, ame si dzi Moza. 37Moza dzi Binea, ame si ƒe viwoe nye Rafa, Eleasa kple Azel.
38Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye:
Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.
39Azel nɔviŋutsu, Esek dzi viŋutsu etɔ̃; gbãtɔe nye
Ulam, eveliae nye Yeus eye etɔ̃liae nye Elifelet. 40Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me.
Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo.
Copyright information for
EweAL