‏ 2 Samuel 22

David ƒe kafukafuha

1David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. 2Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe,
nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
3Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso,
nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ.
Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela
èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.

4“Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,
eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
5Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm,
vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye.
6Tsiẽƒe ƒe kawo blam
eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem.

7“Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me,
medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem.
Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke
eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
8Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu;
dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye
eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui.
9Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;
dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me
eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
10Ema dziŋgɔli ɖe eve,
wòto eme ɖi va anyi
eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
11Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo.
Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
12Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene
eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe
13dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.
14Yehowa ɖe gbe tso dziƒo;
eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
15Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo,
eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo.
16Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa
eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu
le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu
kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.

17“Edo asi ɖa tso dziƒo lém,
heɖem tso tɔ goglowo me;
18tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,
tso nye ketɔwo ƒe asi me,
ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me.
19Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe
gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
20Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza;
eɖem elabena nye nu nyo eŋu.

21“Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu
eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta.
22Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi.
Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o;
23Eƒe sewo katã le ŋkunye me;
eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
24Nyemeɖi fɔ le eŋkume o
eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
25Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye
kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.

26“Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla
eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
27Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza
eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
28Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui
ke wò ŋku le dadalawo ŋu,
be nabɔbɔ wo ɖe anyi.
29Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi!
Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.
30Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me
eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.

31“Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,
Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.
Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
32Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?
Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
33Mawue nye nye mɔ sesẽ,
eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
34Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene
eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
35Efia aʋawɔwɔ nye asiwo
eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
36Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam.
Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
37Èkeke mɔ le tenye,
be nye klowo magli le tenye o.

38“Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo;
nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.
39Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o.
Wodze anyi ɖe nye afɔ nu
40elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,
èna mebɔbɔ ame siwo katã
tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
41Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ
eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
42Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo
gake ame aɖeke mexɔ na wo o
elabena Yehowa metɔ na wo o.
43Metu wo, wozu abe ke ene.
Megbã wo, wokaka
abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.

44“Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me,
èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene;
eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
45Ne wose ŋkɔnye ko la,
woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã
dzona nyanyanya le nye ŋkume.
46Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe
le woƒe mɔ sesẽwo me.

47“Yehowa li tegbee!
Woakafu nye Agakpe la!
Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo!
48Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam.
Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te.
49Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me,
ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta
eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me,
50eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa,
le dukɔwo katã dome
eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.

51“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la,
eye wòvea eƒe amesiamina David
kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”
Copyright information for EweAL