Ecclesiastes 12
1Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ
le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.
2Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli,
ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti,
eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,
3elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo
kple abɔwo nadzo nyanyanya,
wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ,
wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu
eye wò ŋkuwo hã natsi
4ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum
esi wò aɖuwo tu vɔ la ta!
Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me,
ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom,
màgate ŋu adzi ha o.
5Àvɔ̃ na dzidede kple gege,
eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ,
ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o,
ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo
eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.
6Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,
hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã,
tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to,
tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,
7nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu,
ame si tsɔe na wò la gbɔ.
8Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko.
9Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te, 10elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi. 11Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo. 12Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu. 13Nya blibo la ƒe taƒonyae nye:
Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi,
elabena esia koe nye amegbetɔwo
ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo
14elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí
le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa,
eɖanye nyui alo vɔ̃.
Copyright information for
EweAL