‏ Ecclesiastes 7

Nunya

1Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake.
Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe!
2Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede
elabena èle kuku ge eye enye nu nyui
be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.
3Nuxaxa nyo wu nukoko
elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi.
4Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie
ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.
5Ne nunyala ka mo na ame la,
enyo wu bometsila nakafu ame
6elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba
abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene
eya ta enye numanyamanya be
ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi.

7Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila
elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.

8Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze!
Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.
9Mègado dɔmedzoe kabakaba o,
elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana
ame zua bometsila.

10Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o
elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!

11Nunya nye domenyinu xɔasi
kple viɖe na ame siwo le agbe;
12Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu,
gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.

13Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.
14Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me,
eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la,
dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui
kple dzɔgbevɔ̃e siaa,
ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele
naneke ŋu le agbe sia me o.

15Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me. Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba
ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi
16eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o
eye mèganya nu tso eme akpa o.
Nu ka ta nàwu ɖokuiwò?
17Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo
alo nàtsi bome akpa o!
Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu?
18Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu,
eye ne èvɔ̃a Mawu la,
àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra.

19Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu
wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!

20Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye
ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.

21Mègade xa ɖi hena nyasese o,
àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò!
22Wò ŋutɔ ènya zi geɖe
siwo nèƒoa fi dea amewoe!

23Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu. Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko”
Ke medze edzi nam nenema o.
24Nunya le didiƒe ke
eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu.
25Medii le afi sia afi,
meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya
kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi,
eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ,
eye bometsitsi nye tsukuku.

26Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la
ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ.
Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu,
ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.

27Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye,
woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be
woanya ɖoɖo si le nuwo me.
28Esi mele nuwo me kum,
nyemeke ɖe naneke ŋu o la,
mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka
le ame akpe ɖeka dome,
ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye
ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o.
29Mekpɔe hã be
togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo
wonye ame dzɔdzɔewo hã la,
wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze
eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”
Copyright information for EweAL