Ecclesiastes 11
“Tsɔ wò abolo da ɖe tsi dzi”
1Na nu amewo faaelabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ
gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.
2Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me
elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe
le ŋkeke siwo ava la me.
3Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana.
Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la,
etsia afi si wòdze.
4Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la,
meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la,
meŋea nu o.
5Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí
abe ale si míenya ya ƒe toƒe o
kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ
ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.
6Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko,
elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o;
ɖewohĩ wo katã amie.
Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuime.
7Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe!8Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la,
nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me,
ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi,
elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo
le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko,
ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.
Nya blibo la ƒe taƒonya
9Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime,eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime.
Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu,
ke nyae be
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,
10eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime,
eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ,
elabena ɖekapuimenɔnɔ
kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.
Copyright information for
EweAL