Hebrews 8
Nubabla yeye la ƒe nunɔlagã
1Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake, 2eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui. 3Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane. 4Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu. 5Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.” 6Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi. 7Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o. 8Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be, “Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔnaesi dzi mabla nu yeye
kple Israel
kple Yuda ƒe aƒewo.
9Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu,
kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o,
elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o,
eya ta nye hã metrɔ megbe de wo.
Aƒetɔ lae gblɔe.
10Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la,
le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe.
Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me,
eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu.
Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.
11Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be,
‘Dze si Aƒetɔ la’ o,
elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi,
va se ɖe tsitsiawo dzi.
12Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo,
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”
13Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.
Copyright information for
EweAL