Isaiah 11
Atilɔ si tso Yese ƒe ke me
1Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me;tso eƒe ke me la,
atilɔ aɖe atse ku.
2Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi,
nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ;
aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze
kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ,
3eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.
Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu,
alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o,
4gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me,
eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe.
Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la,
eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.
5Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka,
eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.
6Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ,
lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi,
dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me,
eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo.
7Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome,
wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka,
eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene.
8Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu,
eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me.
9Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va
nye to kɔkɔe blibo la dzi o,
elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi
abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene.
Israel kple Yuda ƒe ame mamlɛawo ƒe tɔtrɔ gbɔ
10Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe. 11Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia. 12Atu aflaga na dukɔwo,eye wòaƒo Israelvi
siwo woɖe aboyoe la nu ƒu.
Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me
ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu.
13Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso,
eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo.
Efraim magaʋã ŋu Yuda o,
alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o.
14Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe,
eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la.
Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi,
eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo.
15Yehowa ana Egipte ƒu la namie,
eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi
kple ya xɔdzo sesẽ.
Amae ɖe tɔʋu adre me ale be
woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã.
16Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ
siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ
na Israel esi wòkplɔ wo do
goe tso Egipte ene.
Copyright information for
EweAL