‏ Isaiah 13

Nyagblɔɖi ɖe Babilonia ŋu

1Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti. 2Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame.
Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo.
Mimia asi wo,
be woage ɖe bubumewo
ƒe agbowo me.
3Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo
be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye
ɖe nye dziɖuɖu ŋu.

4Miƒu to anyi,
ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã
aɖewoe le afi ma ene.
Miƒu to anyi,
zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe
le ƒu ƒom ene.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
5Wotso anyigba didiwo dzi va,
tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke.
Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe
ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.

6Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
7Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu,
eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.
8Vevesese kple nuxaxa alé wo,
eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Woƒe mo anɔ vevem hẽe,
eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.

9Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna.
Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be
woana anyigba la nazu gbegbe,
eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi.
10Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o,
ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
11Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
Matsi dadalawo ƒe dada nu,
eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
12Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ,
eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.
13Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe,
eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke
le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta
le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi.

14Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene
alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la,
ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ,
eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.
15Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé,
eye ame si dzi asi su la atsi yi nu.
16Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume.
Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe.

17Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu;
ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,
eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o.
18Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi.
Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o,
alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.
19Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi,
Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi
abe Sodom kple Gomora ene.
20Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o,
eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime.
Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,
alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo
natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
21Ke gbemelãwo koe atsyɔ
akɔ anyi ɖe afi ma.
Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me,
golowo atso aƒe ɖe afi ma
eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma.
22Gbevuwo hã anɔ afi ma,
Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo.
Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe,
eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.
Copyright information for EweAL