Isaiah 2
Yehowa ƒe to la
1Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti. 2Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ lagɔme anyi ɖe eƒe to la dzi,
be wòanye to si aƒo towo katã ta,
woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta,
eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
3Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,
míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me;
afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”
Nufiame atso Zion ava,
eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
4Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome,
eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo.
Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe.
Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu
alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
5O! Yakob ƒe aƒe,
na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.
Yehowa ƒe ŋkeke
6Ègbe nu le wò amewo,Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu
kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo.
Wokaa afã abe Filistitɔwo ene,
eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu
le woƒe subɔsubɔwo me.
7Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika,
eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o.
Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi,
eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.
8Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo,
wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,
eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ,
9eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi
eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi,
mègatsɔe ke wo o.
10Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me,
mibe ɖe anyigba ƒe tume tso
Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye
ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!
11Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi,
eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi.
Gbe ma gbe la,
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.
12Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo
kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la
(elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).
13Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo
kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi.
14Woabɔbɔ to kɔkɔwo
kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi;
15woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo
kple gli sesẽwo ɖe anyi,
16eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo
kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.
17Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi
kple dada ɖe anyi.
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,
18eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ.
19Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la,
amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome
kple dowo me le anyigba ƒe tume,
le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.
20Le ŋkeke ma dzi la,
amewo atsɔ woƒe klosalolegba
kple sikalegba siwo wosubɔna la
aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
21Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome
kpakple agakpe kɔkɔwo tame be
woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi
kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu,
ne etso be yeaʋuʋu anyigba.
22Amegbetɔ nye nu gblɔe:
ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si
le ŋɔtime nɛ ene!
Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?
Copyright information for
EweAL