‏ Isaiah 3

Ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem kple Yuda

1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu
kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi.
Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono
siwo katã wònaa wo la dzi.
2Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo,
ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo,
afakalawo kple dumegãwo,
3ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo,
amegã bubuwo, aɖaŋudelawo,
aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.

4Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe,
eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.

5Amewo ate wo nɔewo ɖe to,
ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu,
aƒelika ɖe aƒelika ŋu,
sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu,
eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.

6Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be,
“Wò ya avɔ le ŋuwò,
nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
7Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be,
“Ŋutete mele ŋunye o,
nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o,
eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”

8Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ,
Yuda le anyi dzem.
Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
9Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene,
eye womeɣla wo o.
Baba na wo!
Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.

10Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
11Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi.
Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.

12Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to,
eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo.
O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae,
wote mi ɖa le mɔ la dzi.

13Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu.
Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
14Yehowa bu fɔ eƒe amewo,
eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be,
“Miawoe tsrɔ̃ nye waingble.
Mieli kɔ nu siwo mieha le
ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
15Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo,
eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

16“Zion nyɔnuwo dana,
wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm.
Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm,
nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le
woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
17Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi,
Yehowa ana be ta nakpa na wo.”

18Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo, 19aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa. 20Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo, 21ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa. 22Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo; 23ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa. 24Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu;
adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe,
tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe,
akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe,
eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
25Wò ŋutsuwo atsi yi nu,
eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
26Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi,
anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.
Copyright information for EweAL