Isaiah 35
Ame siwo woɖe la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ
1Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ.Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene, 2aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli.
Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ,
Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama
ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo,
eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe
kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃.
3Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la;
4migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be,
“Misẽ ŋu, migavɔ̃ o.
Miaƒe Mawu la gbɔna.
Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo,
eye wòaɖe mi.”
5Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu,
eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.
6Tekunɔ ati kpo abe zi ene,
eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli,
Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe,
eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo.
7Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita
eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi.
Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ,
eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi
woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma.
8Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma.
Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ.
Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o.
Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi.
Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.
9Dzata alo lã wɔadã aɖeke mazɔ afi ma o.
Womakpɔ wo dometɔ aɖeke le afi ma o.
Ke ame siwo woɖe la koe azɔ afi ma.
10Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ.
Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion;
woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo.
Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ,
eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
Copyright information for
EweAL