‏ Isaiah 65

Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ɖeɖekpɔkpɔ

1“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,
eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.
Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be,
‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’
2Ŋkeke blibo la katã mekeke
nye abɔwo me na dukɔ sẽto,
ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi
hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la.
3Ame siwo le dɔmedzoe dom nam
ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe.
Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo
le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi,
4ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu
le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã,
woƒe detsizewo yɔna fũu
kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo.
5Ame siwo gblɔna be,
‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o,
elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’
Ame siawo tɔgbi la,
dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime.
Dzo si le bibim ŋkeke
blibo la katãe wonye.

6“Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa.
Nyemazi ɖoɖoe o.
Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie.
Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo,
7miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa,
elabena wosa vɔ le towo tame,
eye wodo tokum le togbɛwo dzi.
Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa,
maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.”
Yehowae gblɔe.

8Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ,
eye amewo gblɔna be,
‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la,
nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu,
nyematsrɔ̃ wo katã o.
9Mana dzidzimewo nado tso Yakob me,
eye ame siwo axɔ nye towo woanye
woƒe domenyinu la ado tso Yuda me.
Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome,
eye afi mae nye dɔlawo anɔ.
10Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo,
eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe
na nye ame siwo dia nye mɔ.

11“Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi,
eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be,
mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama,
eye mieku wain si wotɔtɔ la,
kplu banaa na Dzɔgbese la,
12maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã
miado dɔgɔ̃e hena wuwu,
elabena meyɔ mi gake mietɔ o.
Meƒo nu gake mieɖo to o.
Miewɔ nu tovo le nye ŋkume,
eye mietia nu si metsri.”

13Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu,
ke miawo la dɔ awu mi.
Nye dɔlawo ano nu;
miawo la, tsikɔ awu mi.
Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ,
ke miawo la woado ŋukpe mi.
14Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwo
ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la,
miafa avi le dzi ƒe vevesese ta,
eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.
15Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo
woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene.
Aƒetɔ Yehowa awu mi,
ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo.
16Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe
le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,
eye ame si aka atam le anyigba dzi la,
akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,
elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be,
eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo.

Dziƒo yeye kple anyigba yeye

17“Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.
Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi
alo woava ame ƒe susu me o,
18gake mikpɔ dzidzɔ,
eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu,
elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu,
eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo.
19Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu,
eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam.
Womagase avifafa
kple konyifaɣli le eme azɔ o.

20“Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko,
alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la
maganɔ afi ma o.
Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka
hafi ku la abe ɖekakpui ene,
eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o
la, woabui nɛ abe fiƒode ene.
21Woatu xɔwo anɔ wo me.
Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse.
22Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me,
alo woade agble ame bubu naɖu o,
elabena abe ale si ati tsinae ene la,
nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ.
Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ
ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe.
23Womadze agbagba dzodzro,
alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o,
elabena woanye ame siwo Yehowa yra,
woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa.
24Matɔ hafi woayɔm.
Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
25Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka.
Dzata aɖu gbe abe nyi ene,
ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu.
Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu
le nye to kɔkɔewo katã dzi o.”
Yehowae gblɔe.
Copyright information for EweAL