‏ Job 25

Bildad ƒe nuƒo

1Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be, 2“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ,
eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.
3Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa?
Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?
4Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume?
Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?
5Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o
eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,
6aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi
kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”
Copyright information for EweAL