‏ Job 40

1Yehowa gblɔ na Hiob be, 2“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?
Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”

3Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be, 4“Aleke nye ame si medze o
la maɖo nya ŋu na wòe?
Metsɔ nye asi ɖo nye nu.
5Meƒo nu zi ɖeka
gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;
meƒo nu zi evelia
eya ta nyemagaƒo nu o.”

6Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be, 7“Bla ali dzi abe ŋutsu ene,
mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.

8“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?
Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?
9Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene
eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
10Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò
eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.
11Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa,
nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.
12Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi
eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.
13Ɖi wo katã ɖe ke me
eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.
14Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be,
wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.

15“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,
eɖua gbe abe nyi ene.
16Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le
eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!
17Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,
eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.
18Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene
eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.
19Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome
gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.
20Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ
eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.
21Emlɔa anyi ɖe ati dama te
eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.
22Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ
eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.
23Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o
eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la,
eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.
24Ɖe ame aɖe ate ŋu alée
kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ,
ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?
Copyright information for EweAL