Lamentations 3
Mawu ƒe lɔlɔ̃ si li tegbee
1Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te.2Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me,
menye kekeli me o;
3Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii
le ŋkeke blibo la me.
4Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo
eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.
5Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ
kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.
6Ena menɔ viviti me
abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.
7Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o,
eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ.
8Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la,
edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.
9Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam
eye wòglɔ̃ nye mɔwo.
10Abe sisiblisi si de xa ɖi
kple dzata si le adeklo dzi ene la,
11ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum,
hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe.
12Evu eƒe da me eye wòdzidze
eƒe dati ɖe dzinye.
13Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi.
14Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome,
woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã.
15Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam
eye wòkpe veve nam meno.
16Etsɔ kpe ŋe aɖu nam
eye wòfanyam ɖe kewɔ me.
17Woxɔ ŋutifafa le asinye,
meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be.
18Eya ta megblɔ be,
“Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã
mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.”
19Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa,
dzigbagbã kple vevesese dzi.
20Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie
eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.
21Ke esia dzi meɖo ŋkue
eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye:
22Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o
elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.
23Wozua yeye ŋdi sia ŋdi,
wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.
24Megblɔ na ɖokuinye be,
“Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ,
eya ta manɔ esinu kpɔm.”
25Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ
woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi,
kple ame siwo dinɛ vevie.
26Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me
na Yehowa ƒe ɖeɖe.
27Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.
28Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me
elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi.
29Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me,
ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.
30Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge
eye ŋukpe neyɔe fũu.
31Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o
32Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la,
egakpɔa nublanui na ame,
eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ.
33Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o.
34Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ.
35Ne woagbe nu si nye ame tɔ la
tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,
36eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya;
ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa?
37Ame ka aƒo nu eye wòava eme,
ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?
38Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo
kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa?
39Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne
wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?
40Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ
eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.
41Mina míado míaƒe dziwo
kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena:
42“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã
eye mètsɔe ke mi o.
43“Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi
eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
44Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be,
gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.
45Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu
kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome.
46“Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti.
47Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃
kple gbegblẽ va mía dzi.”
48Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo
elabena wotsrɔ̃ nye amewo.
49Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa,
enu gbe tsotso,
50va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe.
51Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu
ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta.
52Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la
ɖem ɖe nu abe xevi ene.
53Wodze agbagba be woatso nye agbe nu
le vudo me eye wofɔ kpe ƒum.
54Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam.
55O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke.
56Èse nye kukuɖeɖe be,
“Mègado toku nye ɣlidodo
eye nàgbe akɔfafa nam o.”
57Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be,
“Mègavɔ̃ o.”
58O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ
eye nèɖe nye agbe.
59Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa,
vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye.
Na nye nya nadzɔ!
60Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme
kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye.
61O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo
kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye
62kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo
kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la.
63Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa!
Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o,
woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me.
64O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo,
ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.
65Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi
eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi!
66Ti wo yome kple dziku
eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te.
Copyright information for
EweAL