‏ Lamentations 5

Kukuɖeɖe na nublanuikpɔkpɔ

1O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi,
ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.
2Wotsɔ míaƒe domenyinu,
na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo
na du bubu me tɔwo.
3Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo
eye mía nɔwo zu ahosiwo.
4Ɖe míedzea tsi hafi nona
eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.
5Ame siwo ti mía yome la gogo,
ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.
6Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte
kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.
7Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o
gake woƒe tohehe va mía dzi.
8Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi
eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o.
9Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna,
le yi si le gbegbe la ta.
10Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene
eye asrã lé mí le dɔwuame ta.
11Wogblẽ Zion nyɔnuwo
kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me.
12Wobla dumegãwo tsɔ ku ati
eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o.
13Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii,
eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.
14Ame tsitsiwo vɔ le agbonu
eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso.
15Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me
eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.
16Fiakuku ge le ta na mí.
Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!
17Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam,
le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ,
18Elabena Zion to tsi ƒuƒlu
eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.
19O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee,
wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.
20Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi?
Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?
21O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu
be míate ŋu atrɔ agbɔ,
wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene.
22Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ,
eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.
Copyright information for EweAL