‏ Luke 11:34-36

34Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. 35Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o. 36Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”
Copyright information for EweAL