Luke 11:9-13
9Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. 10Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. 11“Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o! 13“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”
Copyright information for
EweAL