Luke 17:26-30
26“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. 27Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã. 28“Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo 29va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã. 30Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo.
Copyright information for
EweAL