Luke 2:1-7
Yesu dzidzi
(Mateo 1:18-25)
1Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. 2(Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) 3Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. 4Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me. 6Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.
Copyright information for
EweAL