Luke 21:5-6
Nyagblɔɖi tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti
(Mateo 24:1-2; Marko 13:1-2)
5Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ. 6Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”
Copyright information for
EweAL