‏ Luke 22:1-2

Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti

(Mateo 26:1-5, 14-16; Marko 14:1-2, 10-11; Yohanes 11:45-53)

1Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe. 2Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.
Copyright information for EweAL