Luke 8:19-21
Yesu dada kple nɔvia ŋutsuwo
(Mateo 12:46-50; Marko 3:31-35)
19Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Amewo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu te ɖe eŋu o. 20Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ. 21Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, egblɔ be, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la, eye wowɔna ɖe edzi hã.”
Copyright information for
EweAL