‏ Luke 8:22-25

Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi

(Mateo 8:23-27; Marko 4:35-41)

22Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. 23Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.

24Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!”

Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.
25Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo.

Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
Copyright information for EweAL