Luke 9:7-9
Herod kple eƒe dumegãwo ƒe dzimaɖitsitsi
(Mateo 14:1-12; Marko 6:14-29)
7Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” 8Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” 9Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.
Copyright information for
EweAL