‏ Mark 1:16-20

Yesu yɔ nusrɔ̃la gbãtɔ eneawo

(Mateo 4:18-22; Luka 5:1-11)

16Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.

17Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” 18Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome. 19Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. 20Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake.
Copyright information for EweAL