Mark 12:13-17
Nudzɔdzɔ na Kaisaro
(Mateo 22:15-22; Luka 20:20-26)
13Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herod dunyahela aɖewo be woalée le eƒe nuƒo me. 14Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o? 15Ɖe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si woƒe alakpanuwɔwɔ, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ ga si Romatɔwo ɖuna la ƒe ɖeka nam makpɔ.” 16Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” 17Yesu yi edzi be, “Nu si nye Kaisaro tɔ la, mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la, mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia na ameawo tɔtɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.
Copyright information for
EweAL