‏ Mark 12:38-40

Yesu xlɔ̃ nu amewo le agbalẽfialawo ŋuti

(Mateo 23:1-36; Luka 20:45-47)

38Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. 39Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. 40Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
Copyright information for EweAL