Mark 13:1-2
Yesu ƒo nu tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti
(Mateo 24:1-2; Luka 21:5-6)
1Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.” 2Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”
Copyright information for
EweAL