Mark 13:32-37
Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o
(Mateo 24:36-44)
32“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko. 33Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi si me nu siawo ava eme o. 34“Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.” 35Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o. 36Ale be ne eva kpata la, makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o. 37Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia ame be, “Minɔ ŋudzɔ!”
Copyright information for
EweAL