Mark 14:22-26
Yesu ƒe fiẽnuɖuɖu mamlɛ la
(Mateo 26:26-30; Luka 22:15-20)
22Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.” 23Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu. 24Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. 25Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.” 26Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Copyright information for
EweAL