Mark 16:14-18
14Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o. 15Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. 16Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo. 17Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. 18Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.”
Copyright information for
EweAL