‏ Mark 3:31-35

Ame siwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo

(Mateo 12:46-50; Luka 8:19-21)

31Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo. 32Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”

33Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”

34Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! 35Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye.”
Copyright information for EweAL