Mark 6:1-6
Nugbegbe le Yesu gbɔ le Nazaret
(Mateo 13:53-58; Luka 4:16-30)
1Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me. 2Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm! 3Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ. 4Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.” 5Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo. 6Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo.
Copyright information for
EweAL