Mark 8:27-30
Petro ʋu Yesu me
(Mateo 16:13-20; Luka 9:18-21)
27Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?” 28Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.” 29Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!” 30Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!
Copyright information for
EweAL