Matthew 10:1-4
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
(Marko 3:13-19; Luka 6:12-16)
1Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi. 2Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:Simɔn (ame si woyɔna hã be Petro) kple nɔvia Andrea,
Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo ƒe viwo,
3Filipo kple Bartolomeo;
Toma kple Mateo, si nye nudzɔla;
Yakobo, Alfeo ƒe vi, kple Tadeo;
4Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.
Copyright information for
EweAL