‏ Matthew 11:25-27

Miva gbɔnye ne miadzudzɔ

(Luka 10:21-22)

25Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la. 26Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ!”

27Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”
Copyright information for EweAL