Matthew 13:31-32
Lododo le logoku kple amɔ ʋaʋã ŋuti
(Marko 4:30-32; Luka 13:18-21)
31Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba ƒe tu me ene. 32Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”
Copyright information for
EweAL