Matthew 14:34-36
Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu le Genezaret
(Marko 6:53-56)
34Azɔ wotso ƒu la va do ɖe Genesaretnyigba la dzi. 35Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu. 36Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.
Copyright information for
EweAL